Leviticus 16:34 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Esia anye se mavɔ na mi; woalé avu ɖe Israelviwo ta ƒe sia ƒe le woƒe nu vɔ̃wo ta.” Eye wowɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Eye miawɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esia nye ɖoɖo mavɔ na mi. Zi ɖeka ƒe ɖeka woalé avu na Israel-viwo katã le woƒe nuvɔ̃wo katã ta. Eye wòwɔ, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ele be woawɔ kɔnu sia zi ɖeka ƒè sia ƒè atsɔ klɔ Israelviwo ƒe nuvɔ̃wo katã ɖa. Milé ɖoɖo siawo me ɖe asi halase tegbee.” Ale Mose wɔ nu siwo katã Aƒetɔ gblɔ nɛ be wòawɔ la.