Leviticus 17:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena ʋue nye agbe la, eya tae megblɔ na Israelviwo be womaɖui gbeɖegbeɖe o, elabena xevi ɖe sia ɖe kple lã ɖe sia ɖe ƒe agbee nye eƒe ʋu, eya ta ele be woatsrɔ̃ ame sia ame si aɖu lã ƒe ʋu la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lãwo katã ƒe agbe le woƒe ʋu me, eyata megblɔ na Israel-viwo be: Migaɖu lãa ɖeke ƒe nu o, elabena lãwo ƒe nu enye woƒe agbe. Amesiame, si aɖui la, woatsɔe ɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Elabe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me. Eya tae mede se na Israelviwo be: Migaɖu nu gbagbe aɖeke ƒe ʋu o, elabe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me. Woatsrɔ̃ ame sia ame si aɖui la.