Leviticus 17:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Se sia ƒe taɖodzinue nye wòana be Israelviwo magasa vɔ le gbedzi o, ke boŋ wòana be woatsɔ woƒe vɔsanuwo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, woatɔ dzo ami la abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene, wòanye nu si adze Yehowa ŋu, eye wòado dzidzɔ nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata Israel-viwo natsɔ woƒe vɔsalã, siwo wonɔa wuwum le gbedzi la, avae na nunɔla le Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye woasa akpedavɔ na Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wowɔ se sia be Israelviwo nate ŋu tsɔ woƒe vɔsalã si wowuna le gbedzi la avɛ na nunɔla le Aƒetɔ ŋkume, le godoƒegbadɔ la nu, ahawui abe ŋutifafavɔsa ene na Aƒetɔ.