Leviticus 19:29 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Mègagblẽ viwò ɖetugbi ƒe dzadzɛnyenye me to ewɔwɔ gboloe me o. Ne menye nenema o la, anyigba la azu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo anɔ edzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Megagblẽ viwònyɔnu, eye naɖoe ɖe ahasigbe o, bena anyigba la nagazu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo nanɔ edzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mègana viwò nyɔnu nazu gbolo o. Ne èwɔ esia la, èɖi gbɔe. Gawu la, anyigba la dzi ayɔ fũu kple gbolowo kpakple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.