Leviticus 2:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Mele be amɔʋãtike nanɔ nuɖuvɔsa siwo mietsɔna vaa Yehowa ŋkume la me o, elabena mele be miatɔ dzo nuʋãtike alo anyitsi le dzovɔsa si miewɔna na Yehowa la me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Migatsɔ amɔwɔ ʋaʋã wɔ nuɖuvɔ, si miasa na Yehowa la, dometɔa ɖeke o, elabena womatɔ dzo amɔwɔ ʋaʋã alo anyitsinua ɖeke na Yehowa o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mele be amɔwɔʋãnu aɖeke nanɔ nu si miedi be yewoatsɔ asa nuɖuɖuvɔ na Aƒetɔ la me o. Amɔwɔʋãnu alo anyitsi aɖeke neganɔ nuɖuɖu si miedi be yewoatsɔ sa dzovɔ na Aƒetɔ la me o.