Leviticus 2:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne ètsɔ nane tso wò agblemenuku gbãtɔwo me, awɔ nuɖuvɔsa na Yehowa la, ele na wò be nànyɔ bli la, nàtoe alo nàtɔe hafi atsɔ vɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne èbe, yeatsɔ wò agblemenu gbãtɔwo asa nuɖuvɔe na Yehowa la, ekema namè blitimuawo, eye nagbã wo hafi atsɔ asa wò nuɖuvɔ lae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne ètsɔ wò agblemenuku gbãtɔwo va sa nuɖuɖuvɔ na Aƒetɔ la, mè blitimuawo, nàgbã wo nyànyanya atsɔ sa nuɖuɖuvɔ lae.