Leviticus 2:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne wotsɔ abolo si wome le kpo me vɛ abe vɔsa na Yehowa ene la, ele be woamee kple wɔ memee kple ami, gake amɔʋãtike manɔ eme o. Woate ŋu atsɔ akpɔnɔ si wome kple wɔ maʋamaʋã, eye wokɔ ami ɖe edzi hã ana abe nuɖuvɔsa ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne èbe, yeatsɔ nusi woƒona de kpo me asa nuɖuvɔe la, ekema natsɔ wɔ memee aƒo aboŋgo maʋamaʋã kple akaklã, si dzi nakɔ ami ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Nenye abolo amea di be yeamè atsɔ sa vɔa la, ekema megade amɔwɔʋãnu eme o. Ate ŋu awɔe wòanye abolo si wotsɔ amɔwɔ maʋamaʋã ƒo alo akaklã si wome kple amɔwɔ maʋamaʋã, eye wosi ami na la.