Leviticus 21:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Nunɔlagã la, ame si wosi ami ɖe ta na le nɔvia ŋutsuwo dome, eye woɖoe nunɔlae be wòado nunɔlawu la, mele be wòakaka ɖa ɖe ta alo adze awu le eɖokui ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amesi nye nunɔlagã le nɔviawo dome, amesi ƒe tame wokɔ ami sisi la ɖo, eye woɖoe, bena woaɖo awuawo la, mekpɔ mɔ akaka ɖa ɖe ta o, eye madze eƒe awuwo hã o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Nunɔlagãe nye nunɔlawo ƒe tatɔ; wokɔ ami ɖe tame nɛ, eye wokɔ eŋu be wòanɔ nunɔlagãwuwo dom; eya ta mele be wòawɔ ɖa ɖe ta hlayii alo adze eƒe awuwo o.