Leviticus 21:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mekpɔ mɔ agblẽ eƒe Mawu la ƒe kɔkɔeƒe ɖi alo ado gui o, elabena wokɔ eya amea ŋuti kple eƒe Mawu la ƒe ami kɔkɔe; nyee nye Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mado go le kɔkɔeƒe la o, bena magagblẽ kɔ ɖo na eƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la o, elabena eƒe Mawu ƒe ami sisi kɔkɔe le eŋu Nyee nye Yehowa!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mekpɔ mɔ ado le kɔkɔeƒe la me loo, alo agblẽ kɔ ɖo na eƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la o. Elabe Mawu ƒe ami kɔkɔe si wosi nɛ la le eŋu. Nyee nye Aƒetɔ.