Leviticus 21:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ele be wòanɔ alea, elabena nunɔla nye kplɔla le ameawo dome, eye mele be wòaƒo ɖi eɖokui abe ame bubu siwo menye nunɔlawo ene o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke megagblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kukua ɖeke ŋu le eƒe dukɔ la dome, bena woaƒo ɖi eɖokui o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke mekpɔ mɔ aƒo ɖi eɖokui le srɔ̃a ƒe ƒometɔ aɖeke ƒe kukua ta be wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui le eƒe dukɔ la me o.