Leviticus 21:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ele be woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womado vlo woƒe Mawu la ƒe ŋkɔ o. Esi wònye be woawoe tsɔa dzovɔsa vɛ na Yehowa, nu si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu ta la, ele na wo be woanɔ kɔkɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womaƒo ɖi woƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena woawoe sa Yehowa ƒe dzovɔ, si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu, eyata woanɔ kɔkɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ele be woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu; mele be woawɔ naneke si ana amewo nado vlo Mawu ŋkɔ o. Woƒe dɔ wònye be woanɔ dzovɔsa wɔm na Aƒetɔ, dzovɔsa si nye nuɖuɖu na woƒe Mawu la. Eya ta ele be woanɔ kɔkɔe.