Leviticus 22:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ame si menye nunɔla o la mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o. Nunɔla ƒe amedzro alo agbatedɔwɔla mekpɔ mɔ aɖu nu sia o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o, eye amedzro, si le agbatedɔ wɔm na nunɔla la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ame si metso nunɔla ƒe ƒome me o la mekpɔ mɔ aɖu nuɖuɖu siwo amewo tsɔ va sa vɔ na Aƒetɔ la ƒe ɖeke o. Amedzro si va dze nunɔlaa gbɔ alo apaɖila si le eƒeme hã mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o.