Leviticus 23:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ma gbe ke miatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, eye wòle blibo la asa numevɔe na Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye miatsɔ alẽvi, si sɔ blibo, eye wòxɔ ƒe ɖeka la, asa numevɔe na Yehowa le gbesigbe mienyè lubablawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe si gbe mienyè nuku bablaawo la, ele be miatsɔ agbovi sue si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke mewɔ afi aɖeke na o la, asa numemevɔ na Aƒetɔ.