Leviticus 23:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miekpɔ mɔ aɖu abolo aɖeke, bli tɔtɔe alo bli yeye aɖeke o va se ɖe ŋkeke si dzi miawɔ vɔsa sia na miaƒe Mawu la. Esia anye ɖoɖo mavɔ na mi hena dzidzime siwo ava dzɔ le afi sia afi si mianɔ la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke miekpɔ mɔ aɖu abolo, bli tɔtɔe alo blitimu o, vaseɖe gbesigbe miasa vɔ na mia Mawu. Ɖoɖo mavɔ wòanye na mi kple miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miekpɔ mɔ aɖu nuku yeyea ƒe mumua, mèmea, tɔtɔea, alo eƒe abolo o va se ɖe esime miatsɔe asa vɔ alea na Aƒetɔ hafi. Miaƒe dzidzimeviwo katã nelé ɖoɖo sia me ɖe asi le afi sia afi si mianɔ la, heyi ɖe mavɔ me.”