Leviticus 23:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne miexa miaƒe nukuwo la, mele be miaŋe nu sia nu va se ɖe boto ke o, eye mele be miafɔ nukui siwo dudu ɖe anyigba o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, ame siwo si anyigba mele o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne mieŋe nu le miaƒe anyigba dzi la, migaŋe nukuawo vaseɖe boto ke o, eye migafɔ nusiwo dudu de anyi o; ke boŋ migblẽ wo di na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne miele nuku xam la, migaxae yi ɖaʋu ɖe boto ke o, eye ne miexae vɔ la, migagbugbɔ yi ɖatsa agblea me be yewoafɔ esiwo ge ɖe anyi la o. Ke boŋ migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.”