Leviticus 23:36 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, ele be miasa dzovɔ na Yehowa. Ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe bubu le ŋkeke enyia gbe. Woagasa dzovɔ na Yehowa gbe ma gbe. Enye dzidzɔɣeyiɣi aɖe, eye womeɖe mɔ be woawɔ dɔ sesẽ aɖeke o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋkeke adre miasa dzovɔ na Yehowa. Ŋkeke enyilia nanye takpegbe kɔkɔe na mi, eye miasa dzovɔ na Yehowa; takpegbe wònye, miawɔ asinudɔa ɖeke o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe sia gbe la, miwɔ dzovɔsa na Aƒetɔ. Minɔ ewɔwɔ dzi alea ŋkeke adrẽ. Ŋkeke enyilia nye takpegbe kɔkɔe eye migasa dzovɔ na Aƒetɔ. Takpegbe tɔxɛ nye ŋkeke ma; migawɔ dɔ sesẽ aɖeke le edzi o.