Leviticus 23:39 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Anyɔnyɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ sia, si le miaƒe nuŋeɣi ƒe nuwuwu lae nye ɣeyiɣi si dzi miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre le Yehowa ŋkume. Miɖo ŋku edzi be ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ nye dzudzɔgbe kɔkɔewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne mieƒo anyigba dzi nu ʋaʋãwo nu ƒu la, ekema miaɖu Yehowa ƒe ŋkekenyuie la, le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, ŋkeke adre sɔŋ; ŋkeke gbãtɔ nanye dzudzɔgbe, eye ŋkeke enyilia hã nanye dzudzɔgbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne mieƒo anyigba la dzi nuku ʋaʋãwo nu ƒu la, ekema miaɖu Aƒetɔ ƒe ŋkekenyui la le ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia dzi, ŋkeke adrẽ sɔŋ. Ŋkeke gbãtɔ nanye dzudzɔgbe kɔkɔe eye enyilia hã nanye dzudzɔgbe kɔkɔe.