Leviticus 23:40 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke gbãtɔ dzi la, mitsɔ kutsetseti ƒe alɔ siwo dzi kutsetsewo le kple deʋaya kple atilɔ siwo do abe amiti siwo le tɔʋuwo to ene; mitsɔ wo tu agbadɔwo. Mitso aseye le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume ŋkeke adre sɔŋ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ŋkeke gbãtɔ dzi miatsɔ atikutsetse nyuitɔwo, eye mialã ɖeʋayawo, ati, siwo ƒe aŋgbawo ɖo, ƒe alɔwo kple amuti ƒe alɔwo, eye miakpɔ dzidzɔ le Yehowa, mia Mawu ŋku me ŋkeke adre sɔŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le azãa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, midi atikutsetse nyakpɔwo, deʋayawo, atilɔ siwo ŋu aŋgbawo le ʋuduu alo tɔtoti sue ʋuyɛwo ƒe alɔdzewo lé ɖe asi ne miatso aseye, aɖe miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ fia le Aƒetɔ, mia Mawu la ŋkume. Miwɔ esia ŋkeke adrẽ.