Leviticus 25:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kɔ ƒe blatɔ̃lia ŋuti, eye nàɖe gbeƒã ablɔɖe le anyigba blibo la dzi na edzinɔlawo. Anye Aseyetsoƒe na mi. Mia dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ ayi eƒe ƒome ƒe nunɔamesiwo gbɔ, eye ame sia ame atrɔ ayi eƒe to si me wòtso la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miakɔ ƒe blaatɔ̃lia ŋu, eye miaɖe gbe ƒã ablɔɖe le anyigba la dzi na anyigbadzitɔwo katã; aseyetsoƒe wòanye na mi, eye amesiame nagaxɔ eƒe nuwo, eye amesiame nagagbugbɔ ayi eƒe ƒometɔwo gbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woakɔ ƒe bla atɔ̃lia ŋu, eye woaɖe gbeƒã ablɔɖe na anyigba la dzi nɔlawo katã. Aseyetsoƒe wòanye na mi. Ame sia ame natrɔ axɔ eƒe nunɔamesiwo, eye ame sia ame nagatrɔ yi eƒe ƒometɔwo gbɔ.