Leviticus 25:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne mete ŋu xɔe le ƒe ɖeka ma me o la, ekema azu eƒlela kple eƒe dzidzimeviwo tɔ ɖikaa, eye magbugbɔ ayi edzrala ƒe asi me le Aseyetsoƒe la gɔ̃ hã me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne ƒe ɖeka la de, eye womexɔe o la, ekema aƒe, si le du, si ŋu woɖo gli ɖo me la, nazu eƒlela tɔ ɖikaa hena eƒe dzidzimeviwo, eye womaɖe asi le eŋu le aseyetsoƒe la dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne megbugbɔe xɔ ƒle o kaka ƒe ɖeka va yi la, ekema mekpɔ mɔ agaxɔ aƒe si le du si me ŋu woɖo gli ɖo la ƒle emegbe o. Aƒea azu ame si wòdzrae na la kple eƒe dzidzimeviwo tɔ ɖikaa. Ne aseyetsoƒe gaɖo hã, womazi wo dzi be woaɖe asi le eŋu o.