Leviticus 25:31 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke aƒe siwo le du siwo womeɖo gli ƒo xlã o me ya la le ko abe aƒe siwo wotso ɖe agblewo dzi ene, eya ta woate ŋu agbugbɔ wo axɔ ɣe sia ɣi, eye woagbugbɔ wo na nutɔ gbãtɔwo le Aseyetsoƒe la me kokoko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne womeɖo gli ɖe kɔƒea ɖe ŋu o la, ekema wòabu aƒe kple agbledenyigba katã ɖekae. Woate ŋu agaxɔe, eye woaɖe asi le eŋu le aseyetsoƒe la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake nenye du aɖe si womeɖo gli ƒo xlã o la me aƒea le la, ekema eya hã ŋunya sɔ kple agblenyigba tɔ: Aƒea tɔ xoxoa kpɔ mɔ agbugbɔe axɔ ƒle le ame si wòdzrae na la si. Ne magbugbɔe axɔ ƒle o la, ele be woatrɔe nɛ ne aseyetsoƒe bubu gaɖo.