Leviticus 25:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ke le ƒe adrelia me la, miagblẽ anyigba la ɖi le Yehowa ŋkume; miagade agble ɖe edzi o. Migaƒã nukuwo o, eye migaɖe miaƒe waintiwo ŋu le ƒe blibo la me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke le ƒe adrelia me la anyigba la nagbɔ ɖe me na Yehowa, ma ƒã nu ɖe wò agble me o, eye màɖe wò weinkawo ŋu hã o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ƒè adrẽlia nenye gbɔɖemeɣi blibo na anyigba la, gbɔɖemeɣi si ado kɔkɔ Aƒetɔ. Migawɔ agbledɔ aɖeke le anyigbaa dzi o. Migaɖe miaƒe wainkawo me o.