Leviticus 25:45 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye miate ŋu aƒle amedzro siwo ƒo xlã mi la ƒe viwo, togbɔ be wodzi wo le miaƒe anyigba dzi hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miekpɔ mo aƒle amedzro, siwo le mia dome la ƒe viwo kple woƒe dzidzimevi, siwo wodzi ɖe miaƒe anyigba dzi, eye wole mia dome la; woawo azu mia to.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miekpɔ mɔ aƒle amedzro siwo le mia dome la hã. Nenema ke miekpɔ mɔ aƒle wo vi siwo wodzi le miaƒe anyigba dzi la be woanye mia tɔ.