Leviticus 25:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Migaŋe nuku siwo mie le wo ɖokuiwo si o; migagbe wain tsetsewo gɔ̃ hã na mia ɖokuiwo o, elabena ƒe adrelia nye dzudzɔƒe na anyigba la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Maŋe nusiwo mie ɖe flu me o, eye màxa weintsetse le weinka, siwo ŋu meɖe o la dzi o; ke boŋ anyigba la nagbɔ ɖe me le ƒe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Migaŋe nuku siwo mie le wo ɖokui si la o. Migagbe waintsetse siwo ƒe alɔwo mieké o la o. Ele be anyigbaa nagbɔ ɖe eme le ƒe ma me.