Leviticus 25:52 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ƒeawo va yi, eye wòsusɔ ƒe ʋɛ aɖewo ko Aseyetsoƒe la naɖo la, ekema axe ga si wòxɔ esi wòdzra eɖokui la ƒe akpa sue aɖe ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nenye ƒe ʋea ɖe koe susɔ, ne aseyetsoƒe naɖo la, ekema woabui nɛ; ƒeawo nu exɔfe la nanɔ ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne ƒe siwo susɔ megasɔ gbɔ o la, woabu akɔntaa, eye gaa ƒe akpa si sɔ ɖe ƒe ale sinu gasusɔ nɛ ŋu la ko wòaxe.