Leviticus 27:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mele be adzɔgbeɖela la natrɔ eƒe ta me o; matrɔ ta me le etsɔtsɔ na Yehowa ŋu loo alo atsɔ nu nyui aɖo gbegblẽa teƒe alo atsɔ gbegblẽa aɖo nyuia teƒe o. Ne etrɔ ta me la, ekema lã si wòɖɔli kple esi wòtsɔ ɖɔlii siaa le kɔkɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mekpɔ mɔ aɖo lii alo atsɔ lã nyui aɖuɖɔ manyomanyoa alo atsɔ manyomanyoa aɖo li nyuia o; ke ne eɖuɖɔe la, ekema esi wotsɔ ɖuɖɔe kple esi wòɖuɖɔ la, wole kɔkɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ame aɖeke mekpɔ mɔ atsɔ bubu aɖeke aɖɔlii o. Ne lã bubu sia nyo wui alo menyo de enu o hã, womekpɔ mɔ atsɔe ɖɔlii o. Ne ehiã kokoko be woaɖɔlii le nane ta, eye woɖɔlii la, ekema woabu lã eveawo be wozu nu kɔkɔewo.