Leviticus 27:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Yehowa la, do asi ɖe eŋu ɖe eƒe lolome kple nuku agbɔsɔsɔ si woate ŋu aƒã ɖe edzi la nu. Anyigba si dzi woate ŋu aƒã lu kilogram blaeve ɖo la naxɔ klosaloga ewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne amea ɖe ko eƒe agble, si wotsɔ nyi domee la, ƒe akpaa ɖe ŋu na Yehowa la, ekema nado asi ɖe ŋu le nuku, si woaƒã ɖe eme la nu; ne woaƒã lu gomer ɖeka ɖe eme la, ekema asi la nye klosalo sekel blaatɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne ame aɖe kɔ eƒe anyigba si ƒe dome wònyi ƒe akpa aɖe ŋu na Aƒetɔ la, nuku ale sinu woate ŋu aƒã ɖe edzi la dzie woakpɔ hafi ado asi ɖe eŋu. Nenye lu kilo bla eve woate ŋu aƒã ɖe edzi la, ekema ele be eƒe home nanye klosaloga ewo; nenye lu kilo alafa etɔ̃ woate ŋu aƒã ɖe edzi la, ekema ele be eƒe home nanye klosaloga bla atɔ̃.