Leviticus 27:33 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Womatia lã ewolia si woatsɔ ana Yehowa la ɖe eƒe nyonyo alo manyomanyo ta o. Womatsɔ ɖeke aɖɔli bubu hã o. Ne woaɖɔli lã aɖe kokoko la, ekema esi woaɖɔli kple esi woatsɔ aɖɔlii la siaa nye Yehowa tɔ, eye womaxe fe ɖe wo ta o!’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Womadzro eme be, lã la nyo loo alo menyo o, eye womada lu hã o Ke ne woɖo lii la, ekema esi wotso ɖo lii kple esi woɖo lii la, wole kɔkɔe, eye womaxɔ wo kple ga o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mele be ame si tɔ lãawo nye la naɖo wo ayetɔe be tiatiaa nadze lã siwo medzè ŋkume o la ko dzi o. Nenema ke ne nudzidzea dze lã aɖe dzi ko, mekpɔ mɔ atsɔ bubu aɖɔlii o. Ne eɖɔlii la, ekema lã si wòɖɔlii kple esi wòtsɔ ɖɔlii la siaa zu Aƒetɔ tɔ, eye ame aɖeke megakpɔ mɔ agbugbɔ wo aƒle o.”