Leviticus 4:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, nunɔla la atsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo, eye wòatɔ dzoe le afi ma abe ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ene, evɔ la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ɖe dukɔ blibo la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòatsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo atɔ dzoe, abe alesi wòto dzo nyitsu gbãtɔ ene, elabena ha ƒe nuvɔ̃ŋutivɔsae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyome wòakɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo, eye wòatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ abe ale si wòtɔa dzo nyitsu si wòtsɔna saa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ ta ene. Vɔsa sia ƒe taɖodzinue nye be wòaklɔ dukɔ bliboa ƒe nuvɔ̃ ɖa.