Leviticus 4:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ada eƒe asi ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, awui le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye wòatsɔe na Yehowa. Esiae nye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo gbɔ̃tsu la ƒe tame, eye woawui ɖe afisi wowua numevɔsalã le le Yehowa ƒe ŋku me, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale si wòawɔe lae nye: akplɔ gbɔ̃tsua ayi vɔsamlekpui la ƒe dzigbeme afi si wowua numemevɔsalãwo le, atsɔ asi aɖo lãa ƒe ta dzi, eye wòatsoe le afi ma le Aƒetɔ ŋkume. Vɔsa sia ƒe taɖodzinue nye be ame si wɔ nuvɔ̃a la nakpɔ nuvɔ̃a ŋuti tsɔtsɔke.