Leviticus 4:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woatɔ dzo lã la ƒe ami katã ɖe vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe amie wònye ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe dumegã si wɔ nu vɔ̃ la nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woatɔ dzo lã la ƒe amiawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe ami ene. Ale nunɔla la alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃ la ta, eye woatsɔe akee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le esia megbe la, wòatɔ dzo lãa ƒe amiwo katã le vɔsamlekpuia dzi va se ɖe esime woafiã keŋkeŋ, abe ale si wowɔnɛ le ŋutifafavɔsa gome ene. Aleae nunɔla la asa vɔ le nuvɔ̃ si dziɖula la wɔ la ta, eye woatsɔ eƒe nuvɔ̃ la akee.