Leviticus 4:31 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woaɖe ami siwo katã le dɔ me na lã la, abe ale si wowɔna le akpedavɔsa me ene, eye nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Nu sia adze Yehowa ŋu. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòaɖe eƒe amiwo katã, abe alesi wòɖe akpedavɔsalã ƒe amiwo ene, eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa. Ale nunɔla alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le esia megbe la, aɖe ami siwo katã le eŋu, abe ale si woɖea ami le lã siwo wowu be woatsɔ asa ŋutifafavɔ ŋu la ene, eye nunɔla la natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi va se ɖe esime woafiã keŋkeŋ, be woƒe ʋeʋẽ lílilĩ la nado dzidzɔ na Aƒetɔ. Ne nunɔlaa wɔ esia ko la, ekema esa vɔ ɖe amea ƒe nuvɔ̃ ta, eye woatsɔ amea ƒe nuvɔ̃ la akee.