Leviticus 4:35 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woawɔ lã la ƒe ami ŋu dɔ abe ale si wowɔa eŋu dɔ le akpedavɔsa me ene. Nunɔla la atɔ dzo lã la ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi abe ale si wowɔna kple vɔsanu bubu ɖe sia ɖe si wotɔa dzoe na Yehowa la ene. Ekema nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòaɖe eƒe amiwo katã le eŋu, abe alesi wòɖea ami le akpedavɔsalã ŋu ene, eye nunɔla natsɔ wo aɖa ɖe Yehowa ƒe dzovɔsalã la dzi ato dzo wo. Ale nunɔla alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃, si wowɔ la ta, eye woatsɔe akee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le esia megbe la, aɖe ami siwo katã le lãa ŋu abe ale si woɖea ami le alẽ siwo wowu be woatsɔ asa ŋutifafavɔ ŋu la ene, eye nunɔla la natsɔ wo akpe ɖe lã siwo wotsɔ va sa dzovɔ na Aƒetɔ la ŋu, eye wòamè wo katã le vɔsamlekpui la dzi va se ɖe esime woafiã keŋkeŋ. Ne ewɔ esia ko la, esa vɔ ɖe amea ƒe nuvɔ̃ ta, eye woatsɔe ake amea.”