Leviticus 5:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne ame aɖe se be woɖe gbeƒã be woava ɖi ɖase le nu vɔ̃ si ame bubu aɖe wɔ la ŋu si wòkpɔ alo nya nu le eŋu, gake meɖi ɖase le eŋuti o la, ekema ewɔ nu vɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne amea ɖe se woƒo fi de ame, eye wònye ɖasefo, ele eteƒe alo ɖe wosee o, gake megblɔe o la, ekema eda vo, eye fɔɖiɖi la le edzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne wobia tso ame aɖe si be neva ɖi ɖase le ʋɔnu, eye wògbe megblɔ nane si teƒe wòkpɔ alo nane si le nyanya me nɛ o la, eda vo; akpɔ eƒe nuvɔ̃ɖi la ŋu tohehe.