Leviticus 5:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu atsɔ akpakpawo alo ahɔnɛ fɛ̃wo asa nu vɔ̃ vɔe o la, ekema ana wɔ memee kilogram ɖeka. Mele be woakɔ ami ɖe edzi loo alo atsakae kple dzudzɔdonu o, elabena nu vɔ̃ vɔsae.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ke ne amea mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve o la, ekema netsɔ wɔ memee kilo ɖeka vɛ abe eƒe vɔsanu ene. Megakɔ ami ɖe edzi o, eye megatsɔ lifi hã kpe ɖe eŋu o, elabe nuvɔ̃vɔsa wònye.