Leviticus 5:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Atsɔe vɛ na nunɔla la; nunɔla la aɖe wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka ɖe wɔ blibo la teƒe, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe dzovɔsa bubu ɖe sia ɖe na Yehowa ene. Esiae anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòatsɔe ava nunɔla la gbɔe, eye nunɔla la naku eƒe asiʋlo ɖeka aku ɖe Yehowa ƒe dzovɔsa la dzi atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi hena ŋkuɖoɖo dzi, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Atsɔ wɔa vɛ na nunɔla la. Nunɔla la aku asiʋlo ɖeka akɔ ɖe Aƒetɔ ƒe dzovɔsa siwo le vɔsamlekpuia dzi xoxo la dzi, eye wòatɔ dzo wo. Wɔ asiʋlo ɖeka ma nye ŋkuɖodzisiʋlo. Vɔsa sia ƒe taɖodzinue nye be wòaklɔ ame si va sa vɔa la ƒe nuvɔ̃ ɖa.