Leviticus 5:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne ame aɖe gblẽ kɔ ɖo, eye wòwɔ nu vɔ̃ le manyamanya me, ku ɖe Yehowa ƒe nu kɔkɔewo dometɔ aɖe ŋu la, abe tohehe ene la, alé agbo ɖeka le lãhawo dome vɛ na Yehowa, esi ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la, eye eƒe home sɔ kple klosalo si wòle be wòana le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Enye fɔɖivɔsa na Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne amea ɖe meɖi anukware o, eye wòɖe ŋu ɖi ɖa vo le Yehowa ƒe nu kɔkɔeawo me la, ekema wòatsɔ agbo, si sɔ blibo, eye nèbu be, anɔ klosalo sekel kɔkɔe eve la, asa fɔɖiŋuvɔ na Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne ame aɖe ɖe ŋu ɖi ale be vɔsanu siwo wòle be wòaxe na Aƒetɔ dometɔ aɖe tsi eŋu la, eɖi fɔ. Ele nɛ be wòadi agbo atsɔ va sa vɔ na Aƒetɔ atsɔ alé avui le fɔ si eya amea ɖi le manyamanya me la ta. Ele be agbo si naneke mewɔ afi aɖeke na o la ƒe home nasɔ kple kɔkɔeƒe la tɔ. Fɔɖiɖivɔsa wònye.