Leviticus 5:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kpe ɖe esia ŋu la, ele nɛ be wòaɖo nu si mete ŋu wɔ o la teƒe ku ɖe nu kɔkɔeawo ŋuti, agatsɔ nu si wòle be wòana la ƒe akpa atɔ̃lia akpe ɖe nuawo ŋu, eye wòatsɔ wo katã vɛ na nunɔla la, ame si atsɔ agbo la alé avui abe fɔɖivɔsa ene. Ale woatsɔe akee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòaɖo nu kɔkɔe, si me wòda vo le la teƒe, emegbe wòatsɔ nu la ƒe etɔ̃liawo ɖeka akpee; wòatsɔ wo ava nunɔla gbɔe, eye nunɔla la natsɔ fɔɖiŋuvɔsagbo la alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be wòana nu si wòle be wòaxe tsã hafi mexee o la, adi eƒe atɔ̃liawo ɖeka akpee, eye wòatsɔe yi na nunɔla. Nunɔlaa atsɔ agbo asa vɔe ɖe amea ƒe nuvɔ̃ ta, eye woatsɔ nuvɔ̃ la akee.