Leviticus 5:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Alo ne ame aɖe ka atam be yeawɔ nane evɔ mebu ta me nyuie hafi kae o, eɖanye nyui alo vɔ̃ la, le nya sia nya si me wòaka atam le tamemabumabutɔe la, togbɔ be menya nu si wɔm wòle o hã la, ne eva nya emegbe la, aɖi fɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alo ne atam ge le amea ɖe nu, eɖanye vɔ̃ alo nyui dzi wòka atam la ɖo be, yeawɔ o, eye menyae o, emegbe wòdze sii la, ekema eɖi nu siawo dometɔ ɖeka ƒe fɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Alo ne atam ge le ame aɖe nu, eɖanye vɔ̃ alo nyui dzi wòka atam la ɖo, be yeawɔ o, eye menyae o, emegbe wòdze sii la, ekema eɖi nu siawo dometɔ ɖeka ƒe fɔ.