Leviticus 5:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Nunɔla la alé avu ɖe enu, ekema Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee, eye mele be wòagawɔ ɖe atam si wòka la dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fa la ta, eye nunɔla nale avu ne le eƒe nuvɔ̃ la ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ ava sa nuvɔ̃vɔ na Aƒetɔ le vo si wòda heɖi fɔ la ta. Ekema nunɔla la atsɔ lãa asa vɔ alé avu nɛ.