Leviticus 5:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu akpɔ alẽ alo gbɔ̃ vɛ na Yehowa o la, ekema ana akpakpa eve alo ahɔnɛ fɛ̃ eve abe eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. Xeviawo dometɔ ɖeka anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye evelia anye eƒe numevɔsa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ke ne ame aɖe mate ŋu akpɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ ana o la, ekema ate ŋu atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛ eve vɛ woatsɔ sa vɔ na Aƒetɔ. Woatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ, eye woatsɔ evelia asa numemevɔ.