Leviticus 5:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔla la ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Esiae nye nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Emegbe wòahlẽ nuvɔ̃ŋutivɔsalã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu, ke wòaɖuɖu ʋu mamlea ɖe vɔsamlekpui la te, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyome ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpuia ŋu, eye wòana mamlɛa naɖuɖu ɖe vɔsamlekpuia te. Vɔsa sia nye nuvɔ̃kɔklɔɖa vɔsa.