Leviticus 6:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Te gbe ɖe edzi na wo be, ne womee le abolokpo me la, amɔʋãtike manɔ eme o. Metsɔ numevɔ si wosa nam la ƒe akpa sia na nunɔlawo. Ke numevɔsa blibo la le kɔkɔe abe ale si nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa blibo la le ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womamè aboloa kple amɔwɔ ʋaʋã o. Metsɔe na wo abe woƒe gome tso dzovɔsa me ene. Nu kɔkɔe ŋutɔŋutɔ wònye abe nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖiɖi ŋuti vɔsa ene.