Leviticus 7:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne woɖu akpedavɔsalã la ƒe ɖe le ŋkeke etɔ̃a gbe la, womaxɔe nɛ o, womabui na ame si sa vɔ la o, elabena eŋuti mekɔ o, eye ame si aɖui la aɖi fɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne amea ɖe aɖu eƒe akpedavɔsalã le ŋkeke etɔ̃agbe la, womagaxɔe nɛ o, eye womabui na amesi sa vɔ la o; lã makɔmakɔ wòanye, eye amesi aɖu eƒe ɖe la, fɔɖiɖi la anɔ edzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne lãa ƒe ɖe tsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe, eye ame aɖe ɖui la, Mawu agbe magaxɔ vɔsalaa ƒe vɔsaa o. Eƒe vɔsaa azu nu ƒuƒlu. Woabui nu makɔmakɔ, eye ne ame aɖe ɖui la eyama ɖi fɔ.