Luke 1:13 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke dɔla la gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o, Zaxarya, elabe Mawu se wò kukuɖeɖe la. Srɔ̃wò Elizabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zakaria! Elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wo Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nãna ŋkɔe be Yohanes.