Luke 1:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòanɔ eŋgɔ le Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be, wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ava ɖeviwo gbɔ kple tosẽlawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya me, ne wòadzra dukɔ la ɖo ɖi woasu te na Aƒetɔ la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Anɔ ŋgɔ na Aƒetɔ la ava, eye gbɔgbɔ kple ŋusẽ si nɔ Eliya me la, anɔ eme. Ana vi tɔ́wo ƒe dɔme natrɔ ɖe wo viwo ŋu. Ana hã be tosẽlawo nase nu gɔme abe ame dzɔdzɔewo ene, eye wòadzra Aƒetɔ la ƒe dukɔa ɖo ɖi nɛ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.”