Luke 1:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Zekaria bia mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme, elabena metsi ŋutɔ, eye srɔ̃nye hã ku nyagã?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Zaxarya gblɔ na dɔla la bena: Nuka me madze si nusia le mahã? Elabena nye la amegã ɖeɖi menye, eye srɔ̃nye hã xɔ ƒe geɖe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Zaxarya bia be: “Nu ka matsɔ adze sii be esia le eme va ge? Kpɔ ɖa, nye la, meku amegã, eye srɔ̃nye hã ku nyagã.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Zakaria gblɔ na mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme, elabena metsi ŋutɔ eye srɔ̃nye hã ku nyagã.”