Luke 1:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava eme pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye kpɔ ɖa, wò aɖe latu, eye mele ŋute ge aƒo nu o, halase ŋkeke, si dzi nusiawo ava ve me, le esi mèxɔ nye nya, siwo nu woawu le woƒe ɣeyiɣi me la, dzi se o la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke mèxɔ nye nya sia, si le eme va ge godoo la dzi se o. Eya ta, kpɔ ɖa, wò aɖe atu, eye màgate ŋu aƒo nu o va se ɖe esime nu siawo nava va eme.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, wò aɖe atu eye magate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava me pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.”