Luke 1:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zekaria lalam be wòado go, eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi gbedoxɔa me fũu nenema.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dukɔ la le Zaxarya lalam, eye woƒe mo wɔ yaa le eƒe mawuxɔ me tsitsi la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi esia nɔ edzi yim la, ameha la nɔ Zaxarya lalam; ewɔ nuku na wo be etsi mawuxɔa me nenema gbegbe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zakaria lalam be wòado go eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi xɔa me fũu nenema.