Luke 1:35 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò; eya ta woayɔ vi si dzi ge nàla la be Kɔkɔetɔ, Mawu Viŋutsu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Mawu ƒe ŋusẽ ayɔ mewò; eya ta ɖevi si nãdzi la, anɔ Kɔkɔe eye wòanye Mawu Vi.